1 Samuel 25:42 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Edzra ɖo kaba, kplɔ nyɔnudɔla atɔ̃ ɖe asi, lia eƒe tedzi dzi eye wòdze dɔlawo yome yi David gbɔ. Ale Abigail zu David srɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Enumake Abigail wɔ kaba dze mɔ, edo tedzi, eye egbɔ nyɔnu atɔ̃ kpe ɖe eŋu, eye wòdze Dawid ƒe dɔlawo yome, eye wòzu srɔ̃a.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Etso enumake eye wòde eƒe tedzi dzi. Nyɔnu subɔla atɔ̃ kpe ɖe eŋu eye wòdze mɔ kple David ƒe dɔlaawo eye wòyi ɖazu David srɔ̃.