1 Samuel 26:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Saul gblɔ na David be, “Woayra wò, vinye David; àwɔ nu dzɔatsuwo eye ànye dziɖula gã aɖe.” David trɔ dzo eye Saul yi eƒe nɔƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Woayra wò, vinye Dawid; àdze egɔme, eye awu enu! Tete Dawid lé eƒe mɔ, eye Saul gbugbɔ yi enɔƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Saul gblɔ na David be: “Mawu neyra wò, vinye David! Àwɔ nu geɖewo eye àkpɔ dzidzedze le wo me.” Ale David gayi eƒe mɔzɔzɔ dzi, eye Saul trɔ yi aƒe.