1 Samuel 26:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
David yi enumake eye wòde dzesi afi si tututu Saul kple Abner, Ner vi, ame si nye Saul ƒe aʋafia la dɔna. Saul dɔa asaɖa la me eye eƒe amewo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlãe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dawid tso heva afisi Saul ƒu asaɖa anyi ɖo, eye Dawid kpɔ afisi Saul kple eƒe aʋafia Abner, Ner vi la mlɔ; Saul mlɔ tasiaɖamwo ƒe takpeƒe, eye aʋakɔ la ɖe to ɖee godoo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David yi enumake ɖakpɔ afi si tututu Saul kple eƒe aʋakplɔla Abner, Ner vi la mlɔ anyi ɖo. Saul mlɔ anyi ɖe asaɖa la me eye eƒe amewo ƒo xlãe godoo.