1 Samuel 26:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke David gblɔ na Abisai be, “Mègawui o elabena ame kae anye ame maɖifɔ ne ewu fia si Yehowa ŋutɔ tia?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Dawid gblɔ na Abisai bena: Megawui o: elabena ameka ade eƒe asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, eye woagbe tohehe nɛa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke David gblɔ nɛ be: “Mègawui o! Elabe ame ka aka asi Aƒetɔ ƒe amesiamina ŋu eye maɖi fɔ o?”