1 Samuel 27:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale David nɔ bubum le eɖokui me be, “Gbe ɖeka la, Saul ƒe asi asu dzinye. Mate Filistitɔwo domenɔnɔ kpɔ va se ɖe esime Saul nadzudzɔ yonyemetiti. Ekema maganɔ dedie.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Dawid gblɔ le eƒe dzi me bena: Gbe ɖeka ko mele Saul si me tsi ge; anyo nam wu, ne mesi yi ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, ekema Saul atasi nye nya, eye magadim le Israel-nyigba blibo la dzi azɔ o, eye mage le esi me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David gblɔ na eɖokui be: “Saul awum gbe ɖeka. Nu nyuitɔ si wòle be mawɔ azɔ la koe nye be masí ayi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, ekema magadim le Israel azɔ o, eye mado le esi me.”