1 Samuel 27:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David mena ŋutsu alo nyɔnu aɖeke tsia agbe o, elabena ebu be, ne yekplɔ wo va Gat la, woava ƒo nu le yewo ŋu agblɔ be, “Ale kple ale David wɔ enye esi.” Nu sia dzɔna edziedzi esi wònɔ Filistitɔwo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dawid mena ŋutsu alo nyɔnu tsi agbe o, elabena ebu be, ne yekplɔ wo va Gat la, woava ƒo nu le yewo ŋu agblɔ be: Ale kple ale Dawid wo enye si. Alea wòwɔ le ŋkeke, siwo katã wònɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David wua ame sia ame, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, bene ame aɖeke nagayi Gat aɖagblɔ nu si tututu wɔm wòle la o. Ŋkeke siwo katã wònɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi la, alea ko wòwɔna.