1 Samuel 27:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
David kple eƒe amewo nɔ Gat le fia Akis gbɔ. Ame sia ame kplɔ eƒe aƒemetɔwo ɖe asi eye David hã kplɔ srɔ̃a eveawo: Ahinoam tso Yezreel kple Abigail tso Karmel, ame si nye Nabal ƒe ahosi la ɖe asi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dawid kple eƒe amewo, amesiame kple eƒemetɔwo, tsi Axis gbɔ le Gat; Dawid kple srɔ̃a eveawo, siwo nye Axinoam tso Yezreel kple Nabal srɔ̃ Abigail tso Karmel.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David kple eƒe ameawo, ame sia ame kple eƒemetɔwo, wotsi Gat. David srɔ̃ eveawo, Axinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosia tso Karmel, kpe ɖe eŋu.