1 Samuel 27:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Womenana ame aɖeke tsia agbe le du siwo dzi wodzena la me o. Wohaa woƒe alẽwo, nyiwo, tedziwo, kposɔwo kple nudodowo hafi trɔ va Akis.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Dawid si anyigba la, eye mena ŋutsu alo nyɔnua ɖeke tsi agbe o, eye wotso alẽwo kple nyiwo, tedziwo kple kposɔwo kple avɔwo gbɔe va Axis gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ewua ŋutsuwo kple nyɔnuwo katã eye wòtsɔa alẽwo, nyiwo, tedziwo, kposɔwo kple awuwo gbɔnae, eye wòyia Axis gbɔ.