1 Samuel 28:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi nyɔnu la kpɔ Samuel la, edo ɣli sesĩe eye wògblɔ na Saul be, “Nu ka ŋutie nèblem ɖo? Wòe nye Saul!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi nyɔnua kpɔ Samuel la, edo ɣli sesĩe. Eye nyɔnu la gblɔ na Saul bena: Nukaŋuti nèblem? Evɔ wònye wòe nye Saul hafi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi nyɔnua kpɔ Samuel la, edo ɣli sesĩe eye wògblɔ na Saul be: “Nu ka ta nèblem? Ke wòe nye Saul hafi!”