1 Samuel 28:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa wɔ nya si wògblɔ ɖi to dzinye la dzi. Yehowa vuvu fiaɖuƒe la le asiwò me eye wòtsɔe na hawòviwo dometɔ ɖeka, David.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa wɔ, abe alesi wògblɔ to dzinye ene, eye Yehowa xɔ fiaɖuƒe la le asiwò hetsɔ na hawòvi Dawid.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nya si Aƒetɔ gblɔ nam be magblɔ na wò la dzie wòwɔ. Exɔ fiaɖuƒe la le asiwò hetsɔ na David.