1 Samuel 28:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Saul gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Midi nyɔnu aɖe si nye ŋɔliyɔla la nam, ale be mayi egbɔ aɖabia nu.” Dɔlawo gblɔ nɛ be, “Ŋɔliyɔla aɖe le Endor.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Saul gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Midi nyɔnua ɖe, si me ŋɔliyɔgbɔgbɔ le la nam, ne mayi egbɔ aɖabia nui ase. Eƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, nyɔnu ŋɔliyɔlaa ɖe le En-Dor.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Saul gblɔ na eƒe dɔlawo be: “Midi nyɔnu ŋɔliyɔla aɖe nam, ne mayi egbɔ aɖabia nui ase.” Eƒe dɔlawo gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, ŋɔliyɔla aɖe le En-Dor.”