1 Samuel 28:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Saul trɔ eƒe nɔnɔme hedo awu dzodzro aɖe le eƒe fiawu teƒe. Eyi ɖe ŋɔliyɔla la ƒe aƒe me le zã me kple eƒe subɔla eve. Saul gblɔ na ŋɔliyɔla la be, “Bia gbe gbɔgbɔ aɖe nam eye nàyɔ ame si ŋkɔ mayɔ na wò la nam.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Saul trɔ eƒe nɔnɔme hedo awu bubuwo, eye eya kple ŋutsu eve woyi heva nyɔnu la gbɔ le zã me. Eye wògblɔ bena: Ka nu, ne nayɔ ŋɔli nam, eye nakplɔ amesi mayɔ na wò la vɛ nam!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Saul do awu bubuwo be womagadze sii o, eye esi zã do la, eya kple ŋutsu eve woyi nyɔnu la gbɔ. Egblɔ na nyɔnua be: “Ka nu, ne nàyɔ ŋɔli nam. Kplɔ ame si ŋkɔ mayɔ na wò la vɛ nam.”