1 Samuel 29:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Filistitɔwo ƒe kplɔlawo do dɔmedzoe eye wogblɔ be, “Na woatrɔ adzo, womele aʋa yi ge kpli mí o. Woava trɔ le mía yome. Mɔ nyui aɖe li si dzi wòato awɔ ɖeka kple eƒe aƒetɔ, Saul, wu tɔtrɔ ɖe mía ŋu le aʋa la mea?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Filistitɔwo ƒe amegãwo do dɔmedzoe ɖe eŋu, eye Filistitɔwo ƒe amegãwo gblɔ ne bena: Na ame sia nagbugbɔ ayi teƒe, si netsɔ nɛ, ne magayi aʋa la kpli mí, eye wòanye miaƒe futɔ le aʋa me o! Elabena nuka ame sia awɔ atsɔ dze eƒe aƒetɔ ŋu, ne menye ame siawo ƒe ta oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Filistitɔwo ƒe aʋakplɔlaawo do dziku ɖe eŋu gblɔ nɛ be: “Gbugbɔe ɖo ɖe du si nètsɔ nɛ la me. Mele be wòayi aʋa la kpli mí o, elabe ate ŋu atrɔ ɖe mía ŋu le aʋaa me. Nu ka wòadi be yeawɔ adze yeƒe aƒetɔ ŋu? Ðe menye esi wòatso míaƒe ta atsɔ ayi nɛ lae oa?