1 Samuel 29:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Fia Akis yɔ David kple eƒe amewo eye wògblɔ na wo be, “Metsɔ Yehowa ka atam be miawoe nye ame nyuitɔ siwo medo goe kpɔ eye mebu be miayi aʋa kpli mí ke nye aʋafiawo melɔ̃ ɖe edzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Axis yɔ Dawid gblɔ nɛ bena: Meta Yehowa ƒe agbe, ame dzɔdzɔe nènye, eye wò aʋahoho kple gbɔgbɔ kplim dze ŋunye; elabena nyemekpɔ vɔ̃a ɖeke le ŋuwò tso gbesigbe nèva gbɔnye vaseɖe egbe o; ke wò nya metrɔ na amegãwo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Axis yɔ David tà nu gblɔ be: “Metà Aƒetɔ gbagbe la be le nye gome la, ènye nuteƒewɔla eye àte ŋu aho aʋa kplim, míayi agbɔ, elabe tso gbe si gbe nèva gbɔnye va se ɖe egbe la, mèwɔ nu masɔmasɔ aɖeke mekpɔ kpɔ o. Ke aʋakplɔlaawo medi be nàyi kpli mí o.