1 Samuel 29:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David bia Akis be, “Nu ka mewɔ eye nu ka nèkpɔ le wò dɔla ŋu tso gbesigbe meva gbɔwò va se ɖe egbe, si na be miawɔm ale? Nu ka ta nyemekpɔ mɔ aɖawɔ aʋa kple nye aƒetɔ ƒe futɔwo o?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dawid gblɔ na Axis bena: Nuka mehewɔ, eye nuka nèkpɔ le wò dɔla ŋu, tso gbesigbe meva gbɔwò vaseɖe egbe, esi ta nyemekpɔ mɔ aɖawɔ aʋa kple nye aƒetɔ fia ƒe futɔwo o?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David ɖo eŋu be: “Nu ka mewɔ? Nu ka nèkpɔ le ŋunye tso gbe si gbe meva gbɔwò va se ɖe fifia si wɔe be nyemate ŋu ayi kpli wò, nye aƒetɔ kple nye fia, aɖawɔ aʋa kple wò futɔwo na wò o?”