1 Samuel 3:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Samuel nɔ anyimlɔƒe va se ɖe ŋdi. Eʋu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtru abe ale si wòwɔna ɖaa ene, ke enɔ vɔvɔ̃m be yeagblɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Samuel mlɔ anyi, vaseɖe esi ŋu ke, eye woʋu Yehowa ƒe xɔ la ƒe ʋɔtru. Ke Samuel le ŋutega la gbɔgblɔ na Eli vɔ̃m.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Samuel gamlɔ anyi va se ɖe esime ŋu ke. Efɔ eye wòʋu gbedoxɔa ƒe ʋɔwo. Ke evɔ̃ ŋutega si wòkpɔ la gbɔgblɔ na Eli.