1 Samuel 3:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gayɔe ake be, “Samuel! Samuel!” Samuel gafɔ eye wògaƒu du yi Eli gbɔ. Egagblɔ be, “Nye aƒetɔ, nu ka mawɔ na wò?” Eli gblɔ be, “Vinye, nyemeyɔ wò o, yi nàmlɔ anyi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yehowa gayɔ Samuel. Tete Samuel fɔ yi Eli gbɔ gblɔ bena: Nyee nye si, elabena eyɔm. Eɖo ŋu bena: Vinye, nyemeyɔ wò o, gbugbɔ yi ɖamlɔ anyi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Aƒetɔ gayɔ Samuel ake. Efɔ gayi Eli gbɔ gblɔ be: “Nyee nye esi, elabe èyɔm.” Eli gblɔ be: “Vinye, nyemeyɔ wò o; gbugbɔ ɖamlɔ anyi.”