1 Samuel 30:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple wo viwo dzoe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woɖe aboyo nyɔnu, siwo le eme, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, ke womewu amea ɖeke o, boŋ wokplɔ wo, eye wòlé woƒe mɔ hedzo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye woɖe aboyo nyɔnuwo katã. Womewu ame aɖeke ya o, ke boŋ wolé ame sia ame le dua me hekplɔ dzoe.