1 Samuel 31:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.” Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Saul gblɔ na eƒe adekplɔvi la bena: Di wò yi naƒo ɖem, ne bolotɔ siawo magava ƒo nu ɖem awɔ funyafunyam o! Ke eƒe adekplɔvi la melɔ̃ o, elabena ele vɔvɔ̃m ŋutɔ. Tete Saul tsɔ eƒe yi, eye wòdze enu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wògblɔ na eƒe agbadzatsɔvi be: “Ðe wò adekpui nàƒo ɖem, ne Filistitɔ bolobolotɔ siawo magava ƒo nu ɖem ahado kokoem o!” Ke agbadzatsɔvi la gbe elabe vɔvɔ̃ ɖoe ŋutɔ. Ale Saul dze eya ŋutɔ ƒe adekpui nu.