1 Samuel 31:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wotso ɖa le enu, eye woɖe eŋutinuwo ɖo ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi godoo, ne woaɖe gbe ƒãe le woƒe trɔ̃wo ƒe me kpakple le dukɔ la dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wotso ta le Saul nu eye woɖe eƒe aʋawɔnuwo le eŋu. Azɔ wodɔ dɔlawo be woatsɔ nuawo aɖaɖe gbeƒã dzidzɔnya la na yewoƒe trɔ̃wo kple ame siwo katã le Filistitɔwo ƒe anyigba bliboa dzi.