1 Samuel 4:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Eli ƒe toyɔvi, Finehas srɔ̃, ame si nye funɔ la se be woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye ye srɔ̃, Finehas kple ye to, Eli ku la, fu de asi eɖuɖu me enumake.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke fu tsi ɖe lɔ̃xoa, Pinexas srɔ̃ ƒo. Eye esi wose be, woxɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye toa kple srɔ̃ woku la, ena klo dzi, eye wòdzi vi, elabena fua le eɖum vevie.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ɣeyiɣi sia me la, fu tsi ɖe Eli toyɔvi, Pinehas srɔ̃, ƒo eye eƒe vidziɣi ɖo. Esi wòse be woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la, eye toa kple srɔ̃a ku la, fua de asi eɖuɖu me enumake, eye wòdzi vi.