1 Samuel 6:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Enumake nyinɔawo dze mɔ tẽe ɖo ta Bet Semes henɔ xɔxlɔ̃m sesĩe le mɔa dzi, womedze ɖe ɖusime alo miame o. Filistitɔwo ƒe amegãwo dze wo yome va se ɖe Bet Semes ƒe liƒo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nyinɔwo lé mɔ kɔ ɖo ta Bet-Semes, wòlé mɔ ɖeka hele xɔxlɔ̃m, eye womedze ɖe ɖusi alo mia me o. Eye Filistitɔwo ƒe amegãwo le wo yome vaseɖe Bet-Semes ƒe liƒo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Enumake nyinɔawo ɖo ta mɔ gã si yi Bet-Semes la dzi tututu; womedze ɖe ɖusime alo miame o. Nyiawo nɔ xɔxlɔ̃m le mɔa dzi. Filisti-fiaawo le wo yome ʋuu va se ɖe Bet-Semes ƒe liƒo dzi.