1 Samuel 6:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Keke la ge ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosua, ame si tso Bet Semes la ƒe agble me eye wòtɔ ɖe agakpe gã aɖe gbɔ. Ameawo fli tasiaɖam la ƒe atiwo hedo dzo eye wowu nyiawo hesa numevɔ na Yehowa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi tasiaɖam la va Bet-Semestɔ Yosua ƒe agble me, afisi kpe gãa ɖe le la, etɔ ɖe afima. Eye wodze tasiaɖam la wɔ nakee hetsɔ nyinɔwo sa numevɔ na Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tasiaɖam la zɔ ʋuu va tɔ ɖe kpe gã aɖe gbɔ le Bet-Semestɔ, Yosua ƒe agble me. Wodze tasiaɖam la wɔ nakee, eye wowu nyinɔawo heme nu sa vɔe na Aƒetɔ.