1 Samuel 6:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame aɖewo tso Levi ƒe to la me ɖe nubablaɖaka la kple aɖaka si me sikalegeliawo kple sikaƒoƒoeawo nɔ la le keke la dzi eye woda wo ɖe agakpe la dzi. Bet Semestɔwo sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, gbe ma gbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Lewitɔwo kɔ Yehowa ƒe aɖaka la kple aɖakavi, si kpe ɖe eŋu, si me sikanuawo le, eye woda wo ɖe kpe gã la dzi. Eye Bet-Semestɔwo sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa gbemagbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Levitɔwo kɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖakaa kple aɖaka si kpe ɖe eŋu, si me sikanu memeawo le la da ɖe kpe gã la dzi. Gbe ma gbe la, Bet-Semestɔwo me nu hesa vɔ na Aƒetɔ hekpe ɖe vɔsa bubu geɖe ŋu.