1 Samuel 6:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woɖo sikafiawo ɖa abe avulévɔsanu ene na Yehowa ɖe Filistitɔwo ƒe du bubuwo ta, ɖe du gã siwo woglã kple kɔƒe siwo nɔ amegã atɔ̃awo ƒe dzikpɔkpɔ te la siaa nu. Agakpe gã si dzi woda nubablaɖaka la ɖo le Bet Semes la gale Yosua ƒe agble la me va se ɖe egbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye sikafiawo le amegã atɔ̃awo ƒe xexlẽme nu, amesiwo le Filistitɔwo ƒe duwo katã nu, tso du, siwo ŋu woɖo gli ɖo gbɔ vaseɖe agblekɔƒewo gbɔ. Kpe gã, si dzi woda Yehowa ƒe aɖaka la ɖo la, le Bet-Semestɔ Yosua ƒe agble me vaseɖe egbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema ke wotsɔ sikafi ɖekaɖeka ɖe Filisti fiadu atɔ̃awo, du gã siwo woɖo gli ƒo xlã kple kɔƒe siwo ŋu womeɖo gli ɖo o la nu ɖo ɖa. Kpe gã si dzi wokɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka da ɖo le Bet-Semestɔ, Yosua ƒe agble me la gali abe ŋkuɖodzikpe ene va se ɖe egbe.