1 Samuel 6:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Filistitɔwo yɔ woƒe nunɔlawo kple afakalawo ƒo ƒui eye wobia wo be, “Nu ka tututu míawɔ tso Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu? Nunana ka ƒomevi míatsɔ akpe ɖe eŋu ne míegbugbɔe yi Israelviwo ƒe anyigba dzi?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Filistitɔwo yɔ nunɔlawo kple afakalawo gblɔ bena: Aleke miele Yehowa ƒe aɖaka la wɔ gee? Migblɔ alesi miawɔ, hafi aɖoe ɖe eteƒe la na mí!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Filistitɔwo yɔ nunɔlawo kple afakalawo hebia wo be: “Ale ke míele Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la wɔ gee? Migblɔ nu si míatsɔ akpe ɖe eŋu hafi atrɔe yi eteƒe la na mí.”