1 Samuel 6:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woɖo eŋu be, “Ne miebe yewoatrɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ayi la, migaɖoe ɖa asi ƒuƒlui o, ke boŋ godoo la, mitsɔ fɔɖivɔsa kpe ɖe eŋuti. Ekema miakpɔ dɔyɔyɔ eye miakpɔe ɖa be eƒe asi madzo le mia dzi o mahã?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete woɖo ŋu bena: Ne miehe, yewoaɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖa la, ekema migaɖoe ɖa ƒuƒlu o; ke boŋ mitsɔ avulénu kpe ɖe eŋu! Ekema miaƒe lãme asẽ, eye ne eƒe asi madzo le mia ŋu o hã, mianya.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖo eŋu be: “Ne miele Mawu ƒe nubablaɖaka la trɔ ge aɖo ɖa la, migatrɔ eya ɖeɖe ɖo ɖa o. Ele vevie be vɔsanu aɖe si aɖe miaƒe nuvɔ̃ ɖa la nakpe ɖe eŋu godoo. To esia me miaƒe lã me asẽ, eye miadze sii be eya tae Mawu le to hem na mi ɖo.”