1 Samuel 6:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
gake miaƒe ŋku nanɔ eŋuti. Nenye be eyi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi ɖo ta Bet Semes la, ekema Yehowae he dɔvɔ̃ sia va mía dzii. Gake ne mewɔe nenema o la, ekema míanyae be menye eƒe asie ƒo mí o, ke boŋ nane koe wònye va dzɔ ɖe mía dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne miekpɔ bena, ele aƒemɔ ɖo ta Bet-Semes la, ekema eyae he dzɔgbevɔ̃e gã sia va mía dzi; ke ne mele alea o la, ekema míanyae bena, menye eƒe asie va mia dzi o, ke boŋ nua ɖe ƒomevie wɔ mí.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Minɔ ekpɔm; ne èɖo ta wo de, Bet-Semes la, ekema Mawue he dzɔgbevɔ̃e gã siawo va mía dzi. Ne meva eme nenema o la, ekema míanyae be menye Mawue le to hem na mí o, ke boŋ nu dogoɖenunue.”