1 Samuel 7:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Israelviwo gbugbɔ woƒe du siwo nɔ Ekron kple Gat dome eye wonɔ Filistitɔwo si me la xɔ. Israel ɖe nuto siwo ƒo xlã wo la hã tso Filistitɔwo ƒe asi me. Ale ŋutifafa nɔ Israel kple Amoritɔwo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye du, siwo Filistitɔwo xɔ le Israel si la gasu Israel si. Ale Israel xɔ Ekron vaseɖe Gat kple woƒe anyigbawo le Filistitɔwo si. Eye ŋutifafa ɖo Israel kple Amoritɔwo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogbugbɔ du siwo woxɔ le Israelviwo si tso Ekron va ɖo Gat la na wo. Ale woƒe anyigba si Filistitɔwo xɔ la gaɖo wo si. Ŋutifafa nɔ Israeltɔwo kple Amoritɔwo dome azɔ.