1 Samuel 7:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Samuel gblɔ na Israel ƒe aƒe blibo la be, “Ne mieɖo ta me kplikpaa be yewoatrɔ ayi Yehowa gbɔ la, ekema miɖe asi le miaƒe dzromawuwo kple Astarɔtwo ŋu. Miɖo ta me kplikpaa azɔ be miaɖo to Yehowa ɖeɖe ko ekema aɖe mi tso Filistitɔwo si me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Samuel gblɔ na Israel ƒe aƒe blibo la bena. Ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu kple miaƒe dzi blibo la, ekema miɖe mawu bubuwo kple Astartewo ɖa le mia dome; mitsɔ miaƒe tame ɖo Yehowa ŋu, eye misubɔ eya ɖeɖeko, ne wòaɖe mi tso Filistitɔwo si me!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Samuel gblɔ na Israel-dukɔ blibo la be: “Nenye Aƒetɔ ŋue miele tɔtrɔm ɖo kple miaƒe dzi blibo la, ele be miaɖe mawu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa le mia dome. Miɖe asi le nyɔnumawu Astarte ƒe legbawo gɔ̃ hã ŋu. Mina miaƒe dzi nalé ɖe Aƒetɔ ŋu, eye miasubɔ eya ɖeka ko, ekema aɖe mi tso Filistitɔwo si me.”