1 Samuel 7:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wova kpe ta ɖe Mizpa, woku tsi tso vudo aɖe me kɔ ɖe anyigba le Yehowa ŋkume eye wotsi nu dɔ ŋkeke blibo ɖeka abe nuxaxa ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta ene. Ale Samuel zu Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la le Mizpa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wova kpe ta ɖe Mizpa, eye woku tsi ƒo ɖe anyi le Yehowa ŋku me hetsi nu dɔ gbemagbe, eye wogblɔ le afima bena: Miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Eye Samuel drɔ̃ ʋɔnu Israel le Mizpa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale wo katã va ƒo ƒu ɖe Mizpa. Woku tsi, ƒoe ɖe anyi na Aƒetɔ, tsi nu dɔ gbe ma gbe hegblɔ be: “Míewɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu.” Mizpa, afi siae Samuel drɔ̃ Israeltɔwo ƒe nyawo le.