1 Samuel 8:22 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɖo to wo eye nàna fia wo.” Tete Samuel gblɔ na Israel ŋutsuawo be, “Ame sia ame netrɔ yi eƒe du me.” Samuel lɔ̃ eye wòɖo ame sia ame ɖe eƒe du me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to woƒe gbe, eye nado fia ɖe wo nu! Tete Samuel gblɔ na Israel-ŋutsuwo bena: Mia dome amesiame negbugbɔ yi eƒe du me!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ na Samuel be: “Wɔ ɖe woƒe didi dzi. Ðo fia na wo.” Ale Samuel gblɔ na Israelviwo be ame sia ame negbugbɔ yi eƒe du me.