1 Samuel 9:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne mieɖo dua me teti ko la, miakpɔe hafi wòava ayi nuɖuƒe le toa dzi; elabena ameawo alala wòava ayra vɔsanuawo hafi ame siwo wokpe la naɖui. Eya ta miyi fifia, miakpɔe godoo le ɣeyiɣi sia me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne miede dua me la, miatui, hafi wòava yi nuɖuƒe le to la dzi; elabena dukɔ la meɖua nu o, vaseɖe esime wòvana va yra vɔsanu la, hafi amesiwo wokpe vɛ la ɖua nu. Eyata miyi, elabena miele etu ge egbea kokoko!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne mieɖo kaba la, miakpɔe hafi wòayi aɖaɖu nu le vɔsaƒea, elabe dua me tɔwo maɖu nu o, va se ɖe esime wòɖo afi ma. Eyae yraa vɔsanua hafi woɖunɛ. Emegbe la, ame kpekpeawo ɖua nua. Eya ta miheyi elabe miele go do gee le afi ma fifia.”