1 Samuel 9:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Enumake Samuel ɖo eŋu be, “Nyee nye nukpɔla la! Dze ŋgɔ nàyi toa dzi eye míaɖu nu ɖekae le afi ma. Etsɔ ŋdi la, magblɔ nu si nèdi be yeanya la na wò eye mado mɔ wò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Samuel ɖo ŋu na Saul gblɔ bena: Nyee nye nukpɔla la. Dze ŋgɔnye yi to la dzi, eye miaɖu nu kplim egbea! Etsɔ ŋdi la mado mɔ wò, eye maɖe nusiwo katã le wò dzi me la afia wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Samuel ɖo eŋu nɛ be: “Nyee nye nukpɔla la. Midze ŋgɔnye yi vɔsaƒea. Egbea miaɖu nu kplim. Etsɔ ŋdi la, mado mɔ wò eye magblɔ nya siwo katã le wò tame la na wò, eyome mado mɔ wò.