1 Samuel 9:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Saul ɖo eŋu be, “Amegã, nya ka gblɔm nèle? Benyamin ƒe to si nye to suetɔ kekeake le Israel la mee metso eye nye ƒome hãe nye ƒome gblɔetɔ kekeake le to la me! Ame bubue nàgblɔ nya siawo na hafi!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Saul ɖo ŋu gblɔ bena: Ɖe menye Benyamintɔ menye tso Israel ƒe to suetɔ me, eye nye ƒome enye gblɔetɔ le Benyamin-to la ƒe ƒomeawo me oa? Nya ka enye si gblɔm nèle nam?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Saul ɖo eŋu be: “Benyamin-to si nye suetɔ kekeake le Israel-dukɔa me la mee metso. Nye ƒome la hãe nye gblɔetɔ wu le Benyamin-to ƒe ƒomeawo dome. Nya ka nye esi gblɔm nèle nam?”