1 Samuel 9:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale nuɖuɖudzikpɔla la tsɔe va da ɖe Saul ƒe akɔme. Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖu nu nam elabena wò tututue medzra nuɖuɖu sia ɖo na hafi mekpe ame bubuawo gɔ̃ hã!” Ale Saul ɖu nu kple Samuel.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete nuɖala yi ɖatsɔ ata kple nusiwo le eŋu la, va ɖo Saul kɔ me. Eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, esia wotsɔ le megbe kpɔm na wò, hee ɖe akɔ me naɖu, elabena esi mekpe dukɔa la, eya medzrae ɖo na wò vaseɖe fifi. Eye Saul kple Samuel woɖu nu gbemagbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale nuɖalaa tsɔ lã ƒe ata kple nu siwo kpe ɖe eŋu la va ɖo Saul kɔme. Samuel gblɔ be: “Kpɔ ɖa, lã si wodzra ɖo na wò la nye esi. Tsɔe ɖu. Wòe wodzrae ɖo ɖi na va se ɖe fifi be nàɖu kple ame kpekpeawo.” Ale Saul ɖu nu kple Samuel gbe ma gbe.