1 Samuel 9:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ɖeka Kis ƒe tedziwo bu eya ta wòɖo Saul kple subɔla aɖe ɖa be woayi aɖadi wo vɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Saul fofo Kis ƒe tedzinɔwo bu, eye Kis gblɔ na via Saul bena: Kplɔ ame ɖeka le dɔlawo dome ɖe asi, eye tso, nayi aɖadi tedzinɔawo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eva ve me gbe ɖeka be Kis ƒe tedzinɔ aɖewo bu. Ale wògblɔ na via Saul be: “Yɔ dɔlawo dometɔ ɖeka kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, ne miayi aɖadi tedzinɔawo vɛ.”