1 Thessalonians 1:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena esi míetsɔ nyanyui la vɛ na mi la, miexɔe abe nya dzodzro aɖe ko ene o; ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã abe ale si mienya ame si ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
elabena míaƒe nyanyuie la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã, abe alesi mienya amesi ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyanyui si míehe vɛ na mi la, menye nya ɖeɖe ko wònye míegblɔ na mi o, ke boŋ ŋusẽdɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã kpe ɖe eŋu, eye gawu la, míeka ɖe edzi be ele eme vavã. Esi míenɔ mia gbɔ la, míeɖe ame si ƒomevi míenye la fia mi, miekpɔ. Miawo tae míewɔ esia ɖo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena esi míetsɔ nyanyui la vɛ na mi la, miexɔe abe nya dzodzro aɖe ko ene o; ke boŋ mieɖo to eye miese nya la kple dzidzɔ gã. Nu si míegblɔ na mi la wɔ dɔ ɖe mia dzi ŋutɔ, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ɖo kpe edzi na mi be nu si míegblɔ na mi la nye nyateƒe. Eye mienya ale si míawo ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ ganye kpeɖodzi na mi be míaƒe gbedeasi si míetsɔ vɛ na mi la nye nyateƒe.