1 Thessalonians 3:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esia ana be Mawu mía Fofo la nana be miaƒe dziwo nakpɔ ŋusẽ, anɔ dzadzɛ, ale be miate ŋu ado ɖe eŋkume fɔɖiɖimanɔŋui nenye be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo trɔ gbɔ kple eƒe ame kɔkɔewo. Amen.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
bene wòado ŋusẽ miaƒe dziwo, be woanɔ anyi mokaka manɔŋui le kɔkɔenyenye me le Mawu, mía Fofo la ŋku me le mia Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe vavagbe la! Amen.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale wòali ke miaƒe dziwo, bene mianɔ te sesĩe azu ame siwo ŋu wokɔ, ame siwo ŋu mokaka mele o, le mía Mawu kple Tɔ́ la ŋkume, le gbe si gbe mía Aƒetɔ Yesu kple eƒe ame siwo ŋuti wokɔ la ava do la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esia ana be Mawu mía Fofo la nana be miaƒe dziwo nakpɔ ŋusẽ, anɔ dzadzɛ, kɔkɔe ale be miate ŋu ado ɖe eŋkume fɔɖiɖimanɔŋui nenye be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo trɔ gbɔ kple ame siwo katã nye etɔ.