1 Thessalonians 3:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, Timoteo trɔ gbɔ, eye wòtsɔ dzidzɔnya sia vɛ na mí be miaƒe xɔse kpe lɔlɔ̃ le Aƒetɔ la me gale te sesĩe ko abe tsã ene, eye be mieɖoa ŋku míaƒe mia gbɔ vava dzi kple dzidzɔ, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí abe ale si míawo hã míedi vevie be míakpɔ mi ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke azɔ la, esi Timoteo tso mia gbɔ va mia gbɔ, eye wòhe dzidzɔnya vɛ na mí le miaƒe xɔse kple miaƒe lɔlɔ̃ ŋuti, eye bena mietsɔa ŋkuɖoɖodzi nyui ɖoa ŋku mía dzi ɖaasi, eye bena edzroa miawo hã be, míakpɔ mí, abe alesi wòdzroa míawo hã be, miakpɔ mi ene la ŋuti;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke azɔ esi Timoteo trɔ tso mia gbɔ va ɖo mía gbɔ la, ehe dzidzɔnya vɛ na mí tso miaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ ŋuti. Eva gblɔ na mí be miaƒe ŋku le mía dzi ŋutɔ ɣe sia ɣi, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí, abe ale si míawo hã míedi vevie be míagakpɔ mi ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ la Timoteo trɔ gbɔ eye wòtsɔ dzidzɔnya sia vɛ na mí be miaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ le Aƒetɔ la me gale te sesĩe ko abe tsã ene, eye be mieɖoa ŋku míaƒe mia gbɔ vava dzi kple dzidzɔ, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí abe ale si míawo hã míedi vevie be míakpɔ mi ene.