1 Thessalonians 4:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mlɔeba la, nɔviwo, míefia ale si wòle be mianɔ agbe be miadze Mawu ŋu la mi, eye le nyateƒe me la, miele agbe nɔm nenema. Ke azɔ la, míele mia biam hele ŋusẽ dom mi le Aƒetɔ Yesu me be miagawɔe wu gɔ̃ hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ mlɔeba la, nɔviwo, miele kuku ɖem, eye míele nu xlɔ̃m mi le Aƒetɔ Yesu me, bene abe alesi miexɔe tso mia gbɔ, alesi dze be, miazɔ, eye miadze Mawu ŋu, eye abe alesi miezɔna hã ene la, miayi dzi geɖe wu;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mlɔeba la, nɔviwo, miesrɔ̃ ale si mianɔ agbee wòadze Mawu ŋu tso mía gbɔ eye miele enɔm hã, ke esi míede ha kple Aƒetɔ Yesu ta la, míele nu xlɔ̃m mi hele ŋusẽ dom mi be miayi edzi geɖe wu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mlɔeba la, nɔviwo, míefia mi ale si wòle be mianɔ agbe be miadze Mawu ŋu, eye le nyateƒe me la, miele agbe nɔm nenema. Ke azɔ la míele mia biam hele ŋusẽ dom mi le Aƒetɔ Yesu me be miagawɔe wu gɔ̃ hã.