1 Thessalonians 4:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le nyateƒe me la, miaƒe lɔlɔ̃ na nɔvi kristotɔ siwo le Makedonia la kpɔ ŋusẽ ŋutɔ. Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be ele alea hã la, míele kuku ɖem na mi be miagalɔ̃ mia nɔewo ɖe edzi wu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
elabena miewɔ esia ke na nɔvi, siwo katã le Makedonia blibo la katã. Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena miayi dzi geɖe wu,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le nyateƒe me la, mielɔ̃ hametɔ siwo katã le Makedonia-nyigba blibo la dzi. Ke, nɔviwo, míele ŋusẽ dom mi be miagayi edzi geɖe wu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le nyateƒe me, miaƒe lɔlɔ̃ na nɔvi kristotɔ siwo le Makedonia la katã kpɔ ŋusẽ ŋutɔ. Nɔvi lɔlɔ̃wo, togbɔ be wòle alea hã la, míele kuku ɖem na mi be miagalɔ̃ mia nɔewo ɖe dzi wu.