1 Thessalonians 4:11 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esia nanye miaƒe didi ɖaa be mianɔ agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye miabui nudzeamee be, miano anyi kpoo, eye miawɔ mia ŋutɔwo miaƒe dɔ, eye miatsɔ miaƒe asiwo awɔ dɔ, abe alesi miede se na mi la ene,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miaƒe taɖodzinu nanye be mianɔ agbe kpoo eye ame sia ame nakpɔ eya ŋutɔ ƒe nyawo gbɔ. Mitsɔ miaƒe asiwo wɔ dɔe, abe ale si míebia tso mia si la ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esia nanye miaƒe didi ɖaa be, mianɔ agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la ene.