1 Thessalonians 4:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Míexɔe se bena Yesu ku, eye wògatsi tsitre, eya ta míexɔe se bena Mawu afɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le Yesu me la kple Yesu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ne miexɔnɛ sena bena, Kristo ku, eye wògafɔ ɖe tsitre la, nenema ke Mawu ato Yesu Kristo dzi akplɔ amesiwo dɔ alɔ̃ la hã ayi kpakplii.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Zi ale si míexɔe se be Yesu ku eye wògafɔ la, míegaxɔe se kplikpaa hã be Mawu ato Yesu dzi akplɔ ame siwo ku la ayi eɖokui gbɔe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Míexɔe se bena Yesu ku eye wògatsi tre eya ta míexɔe se bena Mawu afɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le Yesu me la kpakple Yesu.