1 Thessalonians 4:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya nu la, míele egblɔm na mi be mí ame siwo gale agbe, ame siwo asusɔ va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la mado ŋgɔ na ame siwo ku la o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena míele esia gblɔm na mi le Aƒetɔ la ƒe nyaa de me bena, mí amesiwo susɔ le agbe yiɖase ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la, miadze ŋgɔ na amesiwo dɔ alɔ̃ la o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya wònye gblɔm míele na mi, be mí, ame siwo susɔ le agbe le Aƒetɔ la ƒe vavagbe la, míele ŋgɔ do ge na ame siwo ku la o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya nu la, míele egblɔm na mi bena mí ame siwo gale agbe, ame siwo asusɔ va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vava la, mado ŋgɔ na ame siwo ku o.