1 Timothy 1:13 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam, elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, eye dzixɔse menɔ asinye o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
evɔ wònye nyee gblɔ busunyawo ɖe eŋu, ti eyome, hedo vloe kpɔ hafi. Ke ekpɔ nublanui nam, elabe mewɔ nu siawo katã le manyamanya me, esime nyemexɔ se o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, elabena ɣemaɣi la, nyemenya Kristo o.