1 Timothy 1:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Himenaio kple Aleksandro wonye nu sia wɔlawo ƒe kpɔɖeŋuwo. Eva nɔ nam be matsɔ wo de asi na Satana be woahe to na wo va se ɖe esime woanyae be menyo be woaƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesiwo dome Himenaio kple Aleksandro wole, amesiwo metsɔ de asi na Satana, bene wòahe to na wo, be woadzudzɔ busunyagbɔgblɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Himenaio kple Aleksandro. Metsɔ wo de asi na Abosam, bene woanya be menyo be yewoagblɔ busunya o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Himenaio kple Aleksandro wonye nu sia wɔlawo ƒe kpɔɖeŋuwo. Eva nɔ nam be matsɔ wo de asi na Satana be wòahe to na wo va se ɖe esime woanyae be menyo be woaƒo ɖi Kristo ƒe ŋkɔ o.