1 Timothy 3:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mele be wòanye ame si ƒe dzimetrɔɣi medidi o, elabena ne menye nenema o la, dada ayɔ eya amea me, eye wòadze anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ si va Abosam dzi la te.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Menye amesi ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o, bene wòagado eɖokui ɖe dzi, eye wòadze Abosam ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mele be nunɔla nanye ame si trɔ dzime eteƒe medidi o. Ne menye nenem o la, ado eɖokui ɖe dzi ahadze anyi, abe ale si wònɔ na vɔ̃ɖitɔ la ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mele be wòanye ame si ƒe dzimetrɔɣi medidi o, elabena ne menye nenema o la, dada ayɔ eya amea me eye wòadze anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ si va Satana dzi la te.