1 Timothy 5:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mègaƒo nu na ametsitsi aɖeke kple adã o, ke boŋ ƒo nu nɛ bubutɔe abe wò ŋutɔ fofowòe nèle nu ƒom na ene. Ƒo nu na ɖekakpuiwo abe ale si nàƒo nu na nɔviwò ŋutsu lɔlɔ̃awo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Megawo ɖe ame tsitsi ta o, keboŋ xlɔ̃ nui abe fofo ene, ɖekakpuiwo abe nɔviŋutsuwo ene,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mèganyra ɖe ame tsitsi o, ke boŋ xlɔ̃ nui, abe ale si nàxlɔ̃ nu tɔ́wò ene. Xlɔ̃ nu ɖekakpuiwo abe nɔviwò ŋutsuwo ene,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mègaƒo nu na me tsitsi aɖeke kple ada o, ke boŋ ƒo nu nɛ bubutɔe, abe wò ŋutɔ fofowòe nèle nu ƒom na ene. Ƒo nu na ɖekakpuiawo abe ale si nãƒo nu na nɔviwò ŋutsu lɔlɔ̃awo ene.