1 Timothy 5:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele eme be woava zu ame ɖɔewo, eye woagblẽ woƒe ɣeyiɣi anɔ ameŋunya gblɔm tso aƒe si me yi ekemɛ me, anɔ nu dem ame bubuwo ƒe nya me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wosrɔ̃a kuviawɔwɔ hã henɔa tsatsam tso aƒe me yi aƒe me; eye menye, kuvia ɖeɖeko wowɔna o, ke boŋ wonye nu kpoloe ƒolawo kple yakanuwɔlawo hã henɔa nya madzetowo gblɔm.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Hekpe ɖe esia ŋu la, wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa tsatsam tso aƒeme yi aƒeme, eye to ema wɔwɔ me la, wova zua kuviatɔwo. Menye kuviatɔwo ko wozuna o, ke boŋ wozua ameŋunyagblɔlawo kple ame siwo metɔna ɖe afi ɖeka o, kpakple ame siwo nɔa nya si mesɔ be woagblɔ o la hã gblɔm.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele eme be woava zu ame ɖɔewo eye woagblẽ woƒe ɣeyiɣi anɔ ameŋunya gblɔm tso aƒe si me yi ekemɛ me, anɔ nu dem ame bubuwo ƒe nya me.